1 John 1

Agbenya la

1Nu si li tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese eye míekpɔ. Nu si míekpɔ kɔtee kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele gbeƒã ɖem na mi be, eyae nye Agbenya la. 2Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le eŋuti eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ eye wòdze na mí la na mi. 3Mieɖea gbeƒã nu si miekpɔ kple nu si miese la na mi bena miawo hã miado ƒome kpli mi eye miaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo. 4Míele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.

Mizɔ le kekeli la me

5Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, “Mawue nye kekeli eye viviti aɖeke mele eme kura o.” 6Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo eye míele nyateƒe la dzi wɔm o. 7Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le, kekeli me ene la ekema míebɔ ha kple mia nɔewo eye Yesu Kristo si nye Via, ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti. 8Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem eye nyateƒea mele mía me o. 9Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti. 10Ne míele gbɔgblɔm kokoko be míewɔ nu vɔ̃ o la ekema míedo eya amea alakpatɔe eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me o.

Copyright information for EweBEE